Matthew 3

Yohanes gblɔ dzimetɔtrɔnya

(Marko 1:1-8; Luka 3:1-9, 15-17; Yohanes 1:19-28)

1Le esime Yesu kple edzilawo nɔ Nazaret la, Yohanes Mawutsidetanamela dze mawunya gbɔgblɔ gɔme le Yudea gbedzi. Nyati si dzi wòtu eƒe mawunyawo ɖo lae nye be, 2“Midzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, mitrɔ ɖe Mawu ŋuti elabena dziƒofiaɖuƒe la gogo vɔ.” 3Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ dɔ si ƒomevi wɔ ge Yohanes le la da ɖi ƒe alafa nanewo va yi, egblɔ be, “Mese ɣli aɖe tso gbedzi wòle ɖiɖim bena, ‘Midzra mɔ ɖo ɖi na Aƒetɔ la eye mido mɔ siwo dzi to ge wòle la woadzɔ.’”

4Wolɔ̃ Yohanes ƒe awu si wòdo la kple kposɔfu eye wòtsɔ lãgbalẽlidziblaka tsɔ bla awua dzii, eƒe nuɖuɖue nye ʋetsuviwo kple gbemenyitsi. 5Ame geɖewo tso Yerusalem eye bubuwo hã tso Yɔdan tɔsisi la ƒe gowo dzi kple Yudea nuto me godoo va afi si Yohanes nɔ mawunya gblɔm le la be yewoaɖo toe. 6Esi ameawo ʋu woƒe nu vɔ̃wo me la, ede tsi ta na wo le Yɔdan tɔsisi la me.

7Ke esi Yohanes kpɔe be Farisitɔwo kple Zadukitɔ geɖewo hã va be wòade mawutsi ta na yewo la, eka mo na wo gblɔ bena, “Mi dawo ƒe dzidzimeviwo! Ame kae gblɔ na mi be miate ŋu asi le Mawu ƒe dɔmedzoe kple tohehe si gbɔna la nu? 8Miɖee fia to miaƒe agbe nyui nɔnɔ me be mietrɔ dzime vavã 9Migabui eye mianɔ gbɔgblɔm ɖokuiwo be ‘mía fofoe nye Abraham’ o. Mele egblɔn na mi be Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham. 10Le gaƒoƒo sia me ŋutɔ gɔ̃ hã la, Mawu le klalo bena yeahe to na ame siwo katã tsi tre ɖe eƒe ɖoɖowo kple sewo ŋu. Mawu alã ame siawo akɔ ɖi abe ati siwo metse ku o ene eye woafli wo ade dzo me. 11Nye la metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ la, gake ame aɖe gbɔna, esi de ŋgɔ wum sãa ame sia de ŋgɔ ale gbegbe be nyemedze bena manye eƒe subɔvi gɔ̃ hã o. Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi. 12Ama ame dzɔdzɔewo ɖa tso ame vɔ̃ɖiwo gbɔ, ke ame vɔ̃ɖiwo la, atsrɔ̃ wo kple dzo mavɔ eye wòadzra ame dzɔdzɔewo ɖo ɖi na agbe mavɔ la.”

Yohanes de mawutsi ta na Yesu

(Marko 1:9-11; Luka 3:21-22)

13Le ɣemaɣi me la, Yesu hã tso le Galilea va yɔdan tɔsisi la to be Yohanes nade mawutsi ta na ye. 14Gake Yohanes medi be yeade tsi la ta nɛ o ke boŋ egblɔ nɛ bena, “Medze be nye made tsi ta na wò o. Nye boŋ wòle be nàde tsi ta na.”

15Yesu gblɔ nɛ bena, “Meɖe kuku de tsia ta nam ko, elabena ele nam be mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi.” Ale Yohanes lɔ̃ de tsia ta nɛ.

16Esi wòde mawutsi ta nɛ vɔ eye wònɔ go dom le tsia me la, dziƒo nu ʋu eye Yesu kpɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ, le akpakpa ƒe nɔnɔme me, wònɔ ɖiɖim ɖe edzi. 17Le ɣeyiɣi sia me tututu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo bena, “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, ame si ƒe nu dzea ŋunye.”

Copyright information for EweBEE